Acts 2:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsuwo kple nɔviwo! Mɔ li be, magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui Dawid la: ŋuti, bena eku, eye woɖii, eye eƒe: yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nɔvinyewo, medi be maka ɖe edzi na mi be mía tɔgbui David ku. Woɖii, eye eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mibu tame nyuie! Mía Togbui David menɔ nu ƒom le eɖokui ŋuti esi wògblɔ nya siwo megblɔ na mi la o. Elabena David ku xoxoxo eye eƒe yɔdo gɔ̃ hã le mía dome afii.