Acts 2:30 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wònye nyagblɔɖila, eye wonyae bena, Mawu do ŋugbe nɛ kple atamkaka bena, eƒe alimevia ɖe nanɔ eƒe fiazikpui dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi wònye Mawu ƒe gbeƒãɖela ta, enya nu si ŋugbe Mawu do heka atam ɖo kpe edzii nɛ be yeana eƒe tɔgbuiyɔvi aɖe nava nɔ eƒe zi dzi aɖu fia kokoko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
David nye nyagblɔɖila eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be, David ƒe dzidzimevi ɖeka ava zu Mesia la eye wòanɔ David ƒe fiazikpui dzi aɖu fia.