Acts 20:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eto afi ma nutowo me hedo ŋusẽ amewo hafi va ɖo Hela-nyigba dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
hedzo ɖo ta Hela nutome. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma.