Acts 21:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo, eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nuto me va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi míenɔ afima xɔ ŋkekea ɖewo la, nyagblɔɖilaa ɖe, si ŋkɔ nye Agabo la, tso Yudea va.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime míenɔ afi ma xɔ ŋkeke geɖe la, Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe si ŋkɔe nye Agabo la tso Yudea va.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nutome va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ.