Acts 21:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu bla eya ŋutɔ ƒe afɔ kple asi hegblɔ be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ be: ‘Yudatɔ siwo le Yerusalem la le alidziblanu sia tɔ bla ge alea, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututue Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na Romatɔwo.’”