Acts 21:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wose eƒe nyawo la, wokafu Mawu. Azɔ la, wogblɔ nɛ be: “Mía nɔvi, èle esema? Yudatɔ akpe nane siwo zu xɔsetɔwo la katã lé Mose ƒe sea me ɖe asi sesĩe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ.