Acts 21:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔ la me, eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la, ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o. Ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kplɔ wo, ne nàyi aɖakɔ ɖokuiwò ŋu kpli wo, eye nàxe woƒe nugblẽfewo, ale be woate ŋu alũ ta. Ale ame sia ame anya be nu si wose le ŋuwò la, menye nyateƒe o, ke boŋ wò ŋutɔ hã, èle sea dzi wɔm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eya ta míadi be wò hã nãkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔa me eye nãlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nãxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o.