Acts 21:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke le ame siwo menye Yudatɔwo o siwo xɔ se la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye womegawɔ matre o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke trɔ̃subɔla, siwo xɔ se la, ŋutie mieŋlɔ, eye mieɖo le bena, woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋume kpakple ahasiwɔwɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o la gome ya la, míeŋlɔ agbalẽ gblɔ ɖo ɖe wo be míeɖoe be woatsri nuɖuɖu si wotsɔ savɔe na trɔ̃wo. Woatsri ʋuɖuɖu kple lã si me ʋu tsi la ɖuɖu. Womegawɔ ahasi o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Ke le Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo gome la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be, woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la kple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye womegawɔ matre o.”