Acts 21:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodo ɣli be: “Israel-ŋutsuwo, minya aƒe na mí loo! Ame si le tsatsam le nu fiam le afi sia afi tsɔ le ta gblẽm le amewo katã nu lae nye esi! Eyae tsi tre ɖe dukɔ la, Mose ƒe se la kple teƒe sia ŋu! Ekplɔ Helatɔ aɖewo gɔ̃ hã va mawuxɔa me. Eƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã eye wòkplɔ Trɔ̃subɔlawo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ gbedoxɔ la.”