Acts 21:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
(Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena tsã la wokpɔ eya kple Trofimo, Efesotɔ la, le dua me, amesi wobu xa bena, Paulo kplɔ yi mawuxɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Do ŋgɔ la, wokpɔ Paulo kple Trofimo, Efesotɔ la, le dua me, eye wobu be Paulo kplɔe yi ɖe mawuxɔa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wogblɔ esia elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si nye Trɔ̃subɔla aɖe tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔa mee.