Acts 21:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, míekpɔ Kipro le adzɔge ɖa. Míeɖee da ɖe miame lɔƒo, eye míeva ɖo Siria heɖi go ɖe Tiro, afi si ʋua le agba ɖe ge ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒea le Siria. Ʋua ɖe agba le afi sia.