Acts 21:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ameha la dome amea ɖewo lé ɣli dom be ale, eye bubuwo hã be ale; ke esi mete ŋu se nyateƒe la le hoowɔwɔ la ta o la, ede se bena, woakplɔe ayi mɔ̃ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke amehawo nɔ ɣli dom nɔ nyawo gblɔm hoo. Ne ame si gblɔ ale, ame bubu hã nagblɔ nya bubu. Ʋunyaʋunya la nu sẽ ale gbegbe be aʋakplɔlagã la mete ŋu nya nu si tutu dzɔ o. Ale wòɖe gbe be woakplɔ Paulo ayi ɖe mɔ́ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobi aɖeke o elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee.