Acts 21:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋufɔke la, míeva ɖo Kaisarea afi si míedze Filipo, Nyanyui gblɔla la ƒeme le. Ŋutsu sia nye ame adrẽ, siwo wotia abe kpeɖeŋutɔwo ene la dometɔ ɖeka.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tso afi ma míeyi Kaisarea eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ.