Acts 22:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo, eye medea wo gaxɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ, woawo ŋutɔ nya nyuie be meyina ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe ɖaléa ame siwo xɔ dziwò se la, ƒoa wo hedea wo gaxɔ me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo eye medea wo gaxɔ me.