Acts 22:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, esime wonɔ wò dɔla Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma, eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumee.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wowu wò ɖaseɖila Stefano la, nye hã mele tsitre ɖe afi ma, eye melɔ̃ ɖe edzi be woawui. Nyee kpɔ ewulawo ƒe awuwo gɔ̃ hã dzi.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gawu la esime wonɔ wò dɔla Stefano wum la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumii.’