Acts 22:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnue oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi woblae be woaƒo la, Paulo bia aʋakplɔla si le tsitre ɖe egbɔ la be: “Se ɖe mɔ be miaƒo Romatɔ, si womebu fɔe o la kple atam mahã?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnui oa?”