Acts 22:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye, gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.” Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aʋafia gã la ɖo ŋu bena: Nye la metsɔ ga geɖe ƒle dumetɔnyenye sia. Eye Paulo gblɔ bena: Gake nye la ɖe wodzim ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋakplɔlagã la gblɔ be: “Nye la, ga home gã aɖe metsɔ ƒle nye Romatɔnyenye.” Paulo gblɔ be: “Nye la, ɖe wodzim ɖe eme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.” Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”"