Acts 22:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Yudatɔe menye. Wodzim le Tarso le Kilikia, gake Yerusalem afii wonyim le eye menye Gamaliel ƒe nusrɔ̃vi. Wofia mía tɔgbuiwo ƒe se lam tsitotsito, eye mesubɔa Mawu kple vevidodo, abe ale si miawo hã miele esubɔmee egbe ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kililkia nutome. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevi ɣemaɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.