Acts 22:30 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me, eye wòyɔ nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututu le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋakpɔlagã la di be yeanya nu si ta Yudatɔwo tsɔ nya ɖe Paulo ŋuti godoo. Ale esi ŋu ke la, ena woɖee le gaxɔa me, eye wòɖe gbe be nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã nakpe ta. Ekplɔe vɛ, eye wòna Paulo tsi tsitre ɖe wo ŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me eye wòyɔ Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒui. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututue le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme."