Acts 22:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔlagã la kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã ate ŋu aɖi ɖase be nyateƒe tom mele. Woawo gbɔe mexɔ agbalẽ tsoe yina na mía nɔvi Yudatɔ siwo le Damasko. Medze mɔ yina be malé ame siwo le afi ma hã abla ahakplɔ va Yerusalem bene woahe to na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔwo ƒe Osɔfogã alo Dumegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabe mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko eye woakpe ɖe ŋunye be malé kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.”