Acts 23:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyaʋiʋli la nu va sesẽ ale gbegbe be aʋakplɔlagã la vɔ̃ be wole Paulo vuvu ge. Eya ta eɖe gbe na asrafoawo be woaɖi ayi ɖakplɔe sesẽtɔe le ameawo dome ava mɔ́ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Howɔwɔa va de dzi blibo eye ameawo nɔ Paulo hem tso afii yi afi. Mlɔeba la, asrafoawo ƒe amegã ɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ ne menye nenema o la woava vuvui, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.