Acts 23:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti azɔ la miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo mina aʋafia gã la nanyae, bena wòakplɔe aɖi va mia gbɔ, abe ɖe miele eƒe nya la gɔme bia ge ase tsitotsito awu tsãtɔ ene, eye miawo la miesu te bena, hafi wòate va la, miawui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta mi kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo miɖo ame ɖe aʋakplɔlagã, be wòakplɔ Paulo vɛ na mi, abe ɖe miedi be yewoagase nya la me tsitotsito wu tsã ene. Míawo míele klalo be kaka wòaɖo afii la, míawui.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wogblɔ na wo be, “Migawɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la mee abe nyitsɔ ene. Míawo la míabe ɖe mɔa dzi eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi awui.”