Acts 23:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesia kplɔe yi ɖe aʋafia gã la gbɔ, eye wògblɔ bena: Gatɔ Paulo yɔm va egbɔ, eye wòɖe kuku nam bena, makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò; elabena nyaa ɖe le esi be, wòagblɔ na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale aʋakplɔla la kplɔe yi ɖe aʋakplɔlagã la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Paulo, gamenɔla la yɔm, eye wòbia tso asinye be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwòe, elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ na wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Asrafoa kplɔ ɖekakpuia yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene.