Acts 23:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Yudatɔwo wɔ ɖeka le bia wò ge bena, etso la nakplɔ Paulo aɖi va ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me, abe ɖe wole nane bia ge le eŋuti tsitotsito awu tsãtɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ be: “Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖoe be yewoabia wò be etsɔ la, nàkplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la, abe ɖe wodi be yewoagase eƒe nya la me nyuie wu ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nãkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee kple susu be yewoagabia gbee.