Acts 23:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke meva kpɔe dze sii be mele be woawui, alo adee gaxɔ me gɔ̃ hã o, elabe nya si wotsɔ ɖe eŋu la ku ɖe woawo ŋutɔ ƒe sewo ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔe be menye nya gobi aɖekee wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o.