Acts 23:30 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wova fi tofi nam bena, Yudatɔwo le xa de ge ɖe ŋutsua ŋuti la, meɖoe ɖe gbɔwò le gaƒoƒo ma ke dzi, eye mede se na enutsolawo hã bena, woava gblɔ nusiwo wokpɔ le eŋuti la le gbɔwò. Nɔ anyi sesĩe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi wova fi tofi nam be Yudatɔ aɖewo ɖo nugbe ɖe eŋu la, meɖoe be maɖoe ɖe gbɔwò enumake. Megblɔ na ame siwo le enu tsom la be woava gblɔ nya si le wo si ɖe eŋu la na wò. Nɔ anyi sesĩe!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke, le esime mesee be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nãdrɔ̃ nya la na wo.”