Acts 23:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Paulo nyae bena, akpa ɖeka nye zadukitɔwo, eye akpa bubu nye farisitɔwo la, edo ɣli le ʋɔnudrɔ̃ƒe la gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, nukpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Paulo kpɔ dze sii be ameawo dometɔ aɖewo nye Zadukitɔwo, eye bubuwo hã nye Farisitɔwo la, egblɔ sesĩe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la be: “Nɔvinyewo, nye la, Farisitɔ menye henye Farisitɔ viŋutsuvi. Mɔkpɔkpɔ si le asinye be ame kukuwo latsi tsitre tae wohem va ʋɔnu afii ɖo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake susu aɖe va tame na Paulo. Ekpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖe nye Zadukitɔwo eye ɖe hã nye Farisitɔwo. Eya ta edo ɣli gblɔ bena, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnui egbe lae nye be nye hã mexɔe se abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”