Acts 23:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
(Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe Zadukitɔwo gblɔna be ame kukuwo metsia tsitre o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo hã meli o, ke Farisitɔwo ya xɔ nu siawo katã dzi se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena Zadikitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Faristɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.