Acts 24:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le agbenɔnɔ si wole yɔyɔm be xɔse tatra ƒe nya me ya la, mesubɔa mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la pɛpɛpɛ, eye mexɔ nu siwo katã le sea me kple esiwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔ ɖi la dzi se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.