Acts 24:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ƒe eve megbe la, Felike dzo, eye Porkio Festo va zu mɔ́mefia ɖe eteƒe. Ke esi Felike di be yeadze Yudatɔwo ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la woɖe Felike le afi ma hetsɔ Porkio Festo ɖo eteƒe. Le esi Felike di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.