Acts 24:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míekpɔ ŋutsu sia be enye nugblẽla vɔ̃ɖi aɖe. Eyama le ʋunyaʋunya hem de Yudatɔwo dome le xexea me godoo. Eganye Nazarete-ha tatra me nɔlawo ƒe ŋgɔnɔla vloe ɖeka.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexeame katã godoo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya koe nye habɔbɔ si woyɔna be Nazaretitɔwo la ƒe kplɔla ɖeka.