Acts 25:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Paulo ɖo eŋu gblɔ be: “Roma Fiagã la ŋutɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒee mele tsitre ɖo, eye afi siae wòle be woadrɔ̃ ʋɔnum le. Abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene la, nyemewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe Yudatɔwo ŋu o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe! Nyemele Yerusalem yi ge o. Ke boŋ medi be mayi Roma Fiagã la boŋ gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu. Wò ŋutɔ ènya nyuie be nyemedze agɔ o.