Acts 25:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye nu baɖa wɔla menye, eye mewɔ nane si ta wòle be woawum ɖo la, nyemegbe ku o. Evɔ nenye be nyemewɔ nu siwo wobe mewɔ la ƒe ɖeke o la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖe asi le ŋunye na wo o. Medi be Roma Fiagã la ŋutɔ natso nya me nam.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mewɔ nane si dze na ku la nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke natsɔm de asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na fia Kaisaro ŋutɔ!”