Acts 25:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wonɔ afima ŋkekea ɖewo la, Festo tsɔ Paulo ƒe nyawo katã ɖo fia la ŋku me gblɔ bena: Ŋutsua ɖe le afisia, si Felike gblẽ ɖe ga me:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wonɔ afi ma ŋkeke geɖe, eya ta Festo tsɔ Paulo ƒe nya la ɖo fia la ŋkume. Egblɔ nɛ be: “Felike gblẽ ŋutsu aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi dzo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festo gblɔ Paulo ƒe nya na Agripa be, “Felike gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi meva xɔ eteƒe.