Acts 25:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesia ŋuti, esime meva Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo gblɔ nya ɖo hebia afiatsotso le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi meyi Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo tsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu, eye wobia tso asinye be mabu fɔe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.