Acts 25:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meɖo ŋu na amesiawo bena, menye Romatɔwo ƒe kɔ bena, woatsɔ amea ɖe aɖe asi, hafi amesi nu wotso kple nutsolawo nakpe ŋku me kple ŋku me, eye wòakpɔ mɔ aɖe eɖokui nu le nutsotso la ŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke meɖo eŋu na wo be le Romatɔwo ƒe dekɔnu nu la, ne ame aɖe tsɔ nya ɖe ehavi ŋu la, womebua fɔ ame si ŋu wotsɔ nya ɖo la o. Negbe akpa eveawo ɖe wodo go ŋkume kple ŋkume, eye ame si ŋu wotsɔ nya ɖo la ʋli eɖokui ta gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke, abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be, míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o. Ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.”