Acts 25:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke wotso biabiaa ɖewo le woa ŋutɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti kple Yesua ɖe, si ku, amesi Paulo ka ɖe dzi be, ele agbe la ƒe nya vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siwo katã wogblɔ la nye nyaʋiʋli kple Paulo le woawo ŋutɔ ƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si ŋkɔe nye Yesu, si wobe eku, ke Paulo ya ka ɖe edzi be ele agbe la ko ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu.