Acts 25:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Nye ŋuta hã mele didim bena, mase ame la ƒe numegbe. Egblɔ bena: Etsɔ àsee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agripa gblɔ na Festo be: “Nye ŋutɔ hã medi be mase eƒe numegbe.” Festo ɖo eŋu be: “Àsee etsɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Agripa gblɔ na Festo be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festo do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ ãse eƒe numegbe.”