Acts 25:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike wova kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe, eye woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me; eye le Festo ƒe sedede nu la wokplɔ Paulo vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike ɖo atsyɔ̃ nyuie va takpeƒe la. Aʋakplɔlagãwo kple ame ŋkuta siwo le dua me la hã kpe ɖe wo ŋuti va. Festo bia be woakplɔ Paulo vɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festo na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.