Acts 25:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Festo gblɔ bena: Fia Agripa kple mi ŋutsu, siwo katã li kpli mi fi fia, mikpɔ amesia, si ŋuti Yudatɔwo ƒe ha blibo la katã, siwo le Yerusalem kple afisia la, va do ɖe dzinye hele ɣli dom bena, medze be, wòaganɔ agbe didia ɖeke o la ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Festo gblɔ be: “Fia Agripa kple mi ame siwo katã le teƒe sia kpli mí, miekpɔ ŋutsu sia? Yudatɔ siwo katã le Yerusalem kple afii la tsɔ nya ɖe eŋu. Wova gbɔnye kple ɣli be mele be wòaganɔ agbe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Festo ƒo nu na ƒuƒoƒea be, “Fiagã Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afii, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa, di be woatso kufia na.