Acts 25:26 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nya vavãa ɖeke mele asinye le eŋuti be, maŋlɔ na aƒetɔ la o. Eyaŋuti mekplɔe va mia ŋku me, vevietɔ wò fia Agripa ŋku me, bena ne miese eƒe numegbe vɔ la, ne makpɔ nane aŋlɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ la, nya tɔxɛ aɖeke mele asinye si maŋlɔ aɖo ɖe nye amegã la le eŋu o. Eya ta mekplɔe va mia ŋkume, vevietɔ wò Fia Agripa gbɔ, be ne míese eƒe numegbe nyuie vɔ la, makpɔ nya aɖe aŋlɔ aɖo ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobi aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevitɔ wò fia Agripa be nãbia gbee eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu.