Acts 25:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Paulo va ɖo, eye Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la ƒo xlãe. Wotso enu kple nya vevi geɖewo gake kpɔɖeŋu aɖeke menɔ wo si wotsɔ ɖo kpe nutsotsoawo dzi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la, do ɣli gblɔ aʋatsonya geɖewo ɖe eŋu togbɔ be ɖasefo aɖeke menɔ wo si o hã.