Acts 26:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi mi katã miedze anyi la, mese gbea ɖe ƒo nu nam le Hebri-gbe me bena: „Saul, Saul! Nuka wo nèle yonyeme tim? Esẽ na wò be, nada afɔkpo nutonu.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mí katã míedze anyi. Tete mese gbe aɖe, si gblɔ nam le Hebri-gbe me be: ‘Saulo! Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim? Afɔtɔtɔ nutɔame, nu vevi ɖe wòwɔa ame!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim? Wò ŋutɔ ɖokuiwò, ko nèle nuvevi wɔmii.’