Acts 27:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wotso nya me be míato ƒudzimɔ ayi Roma la, wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de aʋakplɔla aɖe si. Eŋkɔe nye Yulio, tso Fiagã Augusto ƒe aʋakɔwo dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la wowɔ dzadzraɖo vɔ be míadze mɔ ayi Roma kple meli. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio, si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.