Acts 27:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ʋudzeƒea menyo be woanɔ le vuvɔŋɔli o ta la, ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be míaho adzo, ɖewohĩ míate ŋu ade Foinike, si nye ʋudzeƒe le Kreta, eye míanɔ afi ma le vuvɔŋɔli. Ʋudzeƒe sia dze ŋgɔ anyigbeme ɣedzeƒe kple dzigbemeɣedzeƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye esi wonye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la me. Foenike ʋudzeƒe sia ka ɖe eme wu. Ʋudzeƒe Nyui la sã elabena etrɔ mo de dzigbeɣetodoƒe kple anyigbeɣetoɖoƒe.