Acts 27:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi dzieheya ƒo bɔbɔe la, wobu xa bena, yewoƒe tameɖoɖo la le eme va ge, eye woho seke heho to Kreta ŋku me kekeake.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ya nɔ ƒoƒom blewuu tso anyigbeme, ale ameawo bu be yewoƒe didi la adze edzi. Wohe seke la de ʋua me, eye woho to Kreta-ƒugo ŋu kpuie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣemaɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbe gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo eye míedze mɔ henɔ goŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.