Acts 27:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míeɖo Adramitio-ʋu aɖe, si ɖoe be yeadze ɖe Asia ʋudzeƒewo, eye míeho. Makedoniatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Aristarxo, tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míeɖo meli aɖe si tso Adramitio eye wòyina tɔtɔ ge ɖe Terki du geɖewo me la hedze mɔ. Helatɔ aɖe tso Tesalonika si woyɔna be Aristarko la hã nɔ ʋua me kpli mí.