Acts 27:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wonɔ anyi eteƒe didi naneke maɖumaɖui la, Paulo tsi tre ɖe wo titina gblɔ bena: O, mía tɔwo, ɖe mieɖo tom, eye mieho tso Kreta o la, ne fuɖeɖe kple gbegblẽ sia meva mia dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameawo nɔ anyi numaɖumaɖui ŋkeke geɖe. Ale Paulo tsi tsitre, do yi ŋgɔ gblɔ na wo be: “Mía tɔwo, ne ɖe mieɖo tom, eye mímeho dzo le Kreta o la, anye ne nu vevi mewɔ mí, eye míaƒe nuwo hã mebu alea o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Ne wònye ɖe miese nye gbe eye míetsi Ʋudzeƒe Nyui la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mía dzi o.