Acts 27:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ŋu ke la, míedze ɖe Sidon, eye Yulio nyo dome na Paulo, eye wòɖe mɔ nɛ bena, wòayi xɔlɔ̃awo gbɔ, be woagbã ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke la, míeva dze ɖe Sidon. Aʋakplɔla Yulio nyo dɔme ɖe mɔ na Paulo be wòayi aɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, bene woadi nu siwo ahiãe la nɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidɔn. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio, nyo dɔme na Paulo ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.