Acts 27:39 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu ke la, womedze si anyigba la o, ke wokpɔ adɔ̃a ɖe, si ŋu ƒuta le, eye wode adaŋu bena, ne yewoate ŋui la, ne yewoawɔ ʋu la ayi afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋu ke, ke ʋukulaawo medze si anyigba la o. Wokpɔ adɔ̃ aɖe, si ŋu ƒuta le, eye woɖoe be ne yewoate ŋui la, yewoaƒo ʋua ɖe afi ma.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o elabena afu do gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu ato agakpeawo dome ava do ɖe go ŋu dedie hã.